1 John 4

Mido gbɔgbɔwo kpɔ

1Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ko dzi se o, ke boŋ mido gbɔgbɔwo kpɔ be wotso Mawu gbɔ hã. Elabena aʋatsonyagblɔɖila geɖewo kaka ɖe xexeame. 2Ale míatsɔ dze si Mawu ƒe Gbɔgbɔe nye si: Gbɔgbɔ ɖe sia ɖe si ɖe gbeƒã be Yesu Kristo va le ŋutilã me la, tso Mawu gbɔ. 3Ke Gbɔgbɔ ɖe sia ɖe si meɖea gbeƒã Yesu Kristo o la metso Mawu gbɔ o. Esiae nye Kristo ƒe futɔ ƒe gbɔgbɔ si mísese be egbɔna eye fifia gɔ̃ hã la ele xexeame xoxo. 4Vinye lɔlɔ̃awo, miawo ya la mienye Mawu viwo eye mieɖu aʋatsonyagblɔɖila siawo dzi; elabena Gbɔgbɔ si le mia me la tri akɔ wu esi le xexeame. 5Wotso xexeame, eya ta woƒoa nu le xexeame ƒe nugɔmesese nu, eye xexeame ɖoa to wo. 6Míawo ya míetso Mawu gbɔ eye ame sia ame si nya Mawu la, ɖoa to mí; ke ame si metso Mawu gbɔ o la meɖoa to mí o. Esiae na míedzea si Nyateƒe Gbɔgbɔ kple aʋatso gbɔgbɔ.

7Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, mina míalɔ̃ mía nɔewo elabena Mawu gbɔe lɔlɔ̃ tsona. Ame sia ame si lɔ̃a ame la wodzi tso Mawu me eye wònya Mawu. 8Ame si melɔ̃a ame o la, menya Mawu o elabena Mawu nye lɔlɔ̃. 9Ale si Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le mía dome lae nye; eɖo via ɖeka hɔɔ̃ ɖe xexeame be míanɔ agbe to eya amea me. 10Esia enye lɔlɔ̃ vavã, menye míawoe lɔ̃ Mawu o, ke boŋ le eƒe lɔlɔ̃ na mí ta wòɖo Via ɖa abe avulévɔsa le míaƒe nu vɔ̃wo ta ene. 11Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔwo, le ale si Mawu lɔ̃ mí ta la ele be míawo hã míalɔ̃ mía nɔewo. 12Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ke ne míelɔ̃ mía nɔewo la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mía me eye eƒe lɔlɔ̃ ade blibo le mía me.

13Míenyae bena míele agbe le eya amea me eye eya hã le mía me, elabena etsɔ eƒe Gbɔgbɔ de mía me. 14Míekpɔe eye míeɖi ɖase be Fofo la ɖo Via ɖa be wòanye xexeame ƒe Ɖela. 15Ame sia ame si aɖe gbeƒã be Yesue nye Mawu Vi la la, Mawu le eya amea me eye eya hã le Mawu me. 16Eye míawo míedze si lɔlɔ̃ si mawu tsɔ lɔ̃a mi eye míexɔ edzi se. Mawue nye lɔlɔ̃ eye ame si nɔa lɔlɔ̃ me la, eya nɔa Mawu me eye Mawu hã nɔa eya me.

17Esi wòwɔ míaƒe lɔlɔ̃ wòde blibo le mía dome ale be dzideƒo nanɔ mía si le ʋɔnudrɔŋkekea dzi, elabena míaƒe agbenɔnɔ le xexe sia me sɔ kple etɔ. 18Vɔ̃vɔ aɖeke menɔa lɔlɔ̃ me o ke boŋ lɔlɔ̃ vavãtɔ nyaa vɔvɔ̃ katã ɖa. Elabena vɔvɔ̃ ku ɖe tohehe ŋu. Ame si vɔ̃na la ƒe lɔlɔ̃ mede blibo o.

19Míelɔa mía nɔewo elabena Mawu tre mí lɔlɔ̃. 20Ne ame aɖe ƒo adegbe be, “Melɔ̃ Mawu,” ke wòléa fu nɔvia la, enye alakpatɔ elabena ame sia ame si me lɔ̃a nɔvia, ame si kpɔm wòle o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu ame si mekpɔ o. 21Mawu ŋutɔ de se na mí be, Ame si lɔ̃a Mawu la nelɔ̃ nɔvia hã.

Copyright information for EweBEE